John 10:3 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Agbonudzɔla ʋua agbo la nɛ, eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eya la agbonudzɔla ʋuna nɛ, eye alẽawo sea eyama ƒe gbe, eye wòyɔa ye ŋutɔ ƒe alẽwo kple ŋkɔ, eye wòkplɔa wo doa goe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kponudzɔla la ʋua agboa nɛ. Eyɔa ŋkɔ si wòtsɔ na eƒe alẽwo eye wòkplɔa wo doa goe.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Agbonudzɔla ʋua agbo la na eyamea eye alẽawo ɖoa to eƒe gbe. Eyɔa eƒe alẽwo kple ŋkɔ eye wòkplɔa wo doa goe.