John 10:33 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be, “Menye nukunu siwo nèwɔ la tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Nu ka ta wò amegbetɔ nèle ɖokuiwò yɔm be Mawu ɖo?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yudatɔwo ɖo ŋu nɛ bena: Menye dɔwɔwɔ nyuiwo ŋuti miele kpe ƒu ge wò ɖo o, ke boŋ le busubɔbɔ ŋuti; elabena ame nènye, eye nèwɔ ɖokuiwò Mawui.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yudatɔwo ɖo eŋu nɛ be: “Menye dɔ nyui wɔwɔ aɖeke tae míedi be míaƒu kpe wò ɖo o, ke boŋ busunya si nègblɔ la tae. Amegbetɔ ko wò hã nènye, ke nètsɔ ɖokuiwò wɔ Mawui.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Woɖo eŋu nɛ be, “Menye dɔ nyui siwo nèwɔ tae miedi be miawu wò o, ke boŋ busunya siwo gblɔm nèle la tae. Aleke wò amegbetɔ nãtsɔ ɖokuiwò awɔ Mawui?”