John 10:38 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ne mele nukunuwo wɔm, eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunu siwo mewɔ la dzi se, eye miadze sii be Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke ne mele wo wɔm la, ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔwɔwɔwo dzi se, bena miadze sii, eye miase egɔme bena, Fofo la le menye, eye nye hã mele Fofo la me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke ne mele wo wɔm la, ekema ne miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ dɔawo ya dzi se, bene mianya eye miase egɔme be Tɔ́ la le menye, eye nye hã mele Tɔ́ la me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ne mele nukunuwo wɔm eye miexɔ dzinye se o hã la, mixɔ nukunuawo ya dzi se ale be to esia me la, miadze sii be Fofo la le menye eye nye hã mele eme.”