John 11:31 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yudatɔ siwo va aƒea me be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo to wòyina be yeaɖafa avi, eya ta wokplɔe ɖo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ Yudatɔ, siwo le aƒea me kplii, eye wole akɔ fam nɛ la, esi wokpɔ bena, Maria tsi tre kaba do go la, wodze eyome hele susum bena, eyina yɔdo la gbɔ, bena yeafa avi le afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Yudatɔ siwo le egbɔ le aƒea me nɔ akɔ fam nɛ kpɔe wòtso do go la, wobu be yɔdoa gbɔ yim wòle, avi fa ge, ale wodze eyome.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yudatɔ siwo va be yewoafa akɔ na Maria la kpɔe wòtso kpla do go yina la, wobu be Lazaro ƒe yɔdo toe woyina be yeaɖafa avi eya ta wokplɔe ɖo.