John 11:32 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Maria zɔ va ɖo afi si Yesu nɔ, eye wòkpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèle afi sia la, anye ne nɔvinye la meku o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ esi Maria va afisi Yesu le, eye wokpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔ nu hegblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, ɖe nèle afisia la, ne nɔvinye meku o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi Maria va ɖo afi si Yesu le hekpɔe la, edze klo ɖe eƒe afɔnu hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, ne ɖe nèle afii la, anye ne nɔvinye meku o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ke Maria zɔ va tu Yesu eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu gblɔ nɛ be, “Aƒetɔ, ɖe nèva kaba la, anye ne nɔvinyea meku o.”