John 11:39 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpe la ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ be, “Aƒetɔ, woɖii ŋkeke ene sɔŋ nye esi, eya ta anɔ ʋeʋẽm akpa.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ bena: Mikɔ kpe la da! Amesi ku la ƒe nɔvinyɔnu Marta gblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, eƒaƒã xoxo, elabena exɔ ŋkeke ene sɔŋ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ be: “Mikɔ kpe la ɖa.” Ke Marta, ame kukua nɔvinyɔnu, gblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, fifia anɔ ʋeʋẽm elabe exɔ ŋkeke ene.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eɖe gbe na ameawo be, “Mimli kpea ɖa.” Ke Marta, ame si nɔvi ku la gblɔ na Yesu be, “O Aƒetɔ, amea ku ŋkeke ene sɔŋue nye esi eya ta aʋẽ akpa.”