John 11:48 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Enye nyateƒe be ŋutsu sia le nukunu geɖewo wɔm. Ne míeɖe mɔ nɛ alea la, ame sia ame axɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava axɔ míaƒe nɔƒe kple dukɔ la le mía si.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ne miena mɔe alea la, ekema amewo katã le edzi xɔ ge ase, eye Romatɔwo ava, eye woaxɔ miaƒe anyigba kple miaƒe dukɔ le mia si.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne míeɖe mɔ nɛ wòyi edzi alea la, ame sia ame ava xɔ edzi ase, eye Romatɔwo ava gbã míaƒe kɔkɔeƒe la kple dukɔ la siaa.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enye nyateƒe be ŋutsu sia wɔa nukunuwo. Ne míena mɔe alea la, dukɔ la katã adze eyome. Ne esia va eme la, Romaʋakɔ la ava dze mia dzi, awu mi eye woaxɔ dziɖuɖua le mi Yudatɔwo si.”