John 11:8 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ be, “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo di be yewoaƒu kpe wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma ɖo?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nusiawo gblɔ ne bena: Rabi, nyitsɔ laa Yudatɔwo ɖi be, yewoaƒu kpe wò, eye nègale afima yi gea?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ke nusrɔ̃laawo gblɔ nɛ be: “Nufiala, nyitsɔ laa ko Yudatɔwo nɔ mɔnu dim be yewoaƒu kpe wò, ye nèdi be yeagayi afi ma kea?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nusrɔ̃lawo melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o. Wogblɔ nɛ bena, “Nufiala, nyitsɔ laa koe Yudatɔwo di be yewoawu wò le Yudea, nu ka ta nèdi be yeagayi afi ma?”