John 12:1 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòsusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋkekenyui la, Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ ŋkeke ade hafi ŋutitoto la naɖo la, Yesu va Betania, afisi Lazaro, si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la le.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wòsusɔ ŋkeke ade ne Paska la naɖo la, Yesu va Betania. Afi siae Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ku me la nɔ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esusɔ ŋkeke ade woaɖu Ŋutitotoŋke-kenyui la. Yesu va ɖo Betania si nye Lazaro, ame si wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la ƒe du me.