John 12:16 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Gbã la, Yesu ƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo katã gɔme o. Ke esi wokɔ Yesu ŋu wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me megbe hafi wode dzesii be woŋlɔ nu siawo tso eŋu, eye wowɔ nu siawo nɛ.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eƒe nusrɔ̃lawo mese nusiawo gɔme gbã o; ke esi wokɔ Yesu ŋuti la, tete woɖo ŋku edzi bena, woŋlɔ nu siawo ɖi le eŋuti, eye bena wowɔ nusiawo nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eƒe nusrɔ̃lawo mese nu siawo gɔme gbã o, ke esi wokɔ̀ Yesu ŋuti emegbe la, woɖo ŋku edzi be nu si woŋlɔ ɖi tso eŋu lae nye ema wowɔnɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ƒe nusrɔ̃lawo menya bena Yesu wu nyagblɔɖi sia nu le ɣemaɣi o, gake esi wòtrɔ dzo yi dziƒo le ŋutikɔkɔe me la, eƒe nusrɔ̃lawo kpɔ dze sii bena, nyagblɔɖi geɖe siwo woŋlɔ ɖe mawunya me la va eme wokpɔ.