John 12:34 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ameha la biae be, “Míesee le Se la me be Kristo la anɔ agbe tegbee. Nu ka ta nèbe ‘woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzi’ ɖo? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete ameha la xɔ edzi nɛ bena: Miawo la miese le se la me bena, Kristo anɔ anyi vaseɖe mavɔmavɔ me, eye wò la, aleke gblɔm nèle bena, ele be, wòakɔ Amegbetɔvi la ɖe dzi mahã? Amekae nye nenem Amegbetɔvi sia?
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete ameha la ɖo eŋu nɛ be: “Míenya le se la me be Kristo la anɔ anyi tegbee. Ale ke wɔ nègblɔ be ele be woakɔ Amegbetɔ Vi la ɖe dzii? Ame kae nye Amegbetɔ Vi sia?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ameha la biae be; “Đe nèbe yele kuku gea? Míesee be ne Mesia la va la, anɔ agbe tegbee. Nu ka tae nèbe woaklã Mesia la ɖe atitsoga ŋu? Mesia ka gblɔm nèle?”