John 12:35 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Kekeli la agaklẽ na mi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Mizɔ le kekeli la me hafi viviti nagado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la menya afi si yim wòle o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yesu gblɔ na wo bena: Kekeli la aganɔ mia dome ɣeyiɣi viaɖe ko. Mizɔ azɔli, esi kekeli la le mia gbɔ, bena viviti la nagatu mi o; eye amesi le azɔli zɔm le viviti me la, menyaa afisi wòyina o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu ɖo eŋu na wo be: “Kekelia aganɔ mia gbɔ ʋɛ ko. Zi ale si kekelia li la mizɔ, ne menye nenema o la, zã ado ɖe mi. Ame si le viviti me zɔm la, menya afi si yim wòle o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu ɖo eŋu na wo be, “Nye Kekeli agaklẽ na mi hena ɣeyiɣi sue aɖe ko. Mizɔ le Kekeli la me esi mɔnukpɔkpɔ gale mia si be viviti nagado ɖe mi o, elabena ame si le zɔzɔm le viviti me la, menya afi si yim wòle o.