John 12:42 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ke hã la, Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔ Yesu dzi se. Gake ɖe Farisitɔwo ta la, womete ŋu ʋu woƒe xɔse me o; wonɔ vɔvɔ̃m be woanya yewo le gbedoxɔ la me,
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke amegãwo dometɔ geɖewo xɔ edzi se; gake la le farisitɔwo ta la womeʋu eme o, bena woagaɖe yewole ha me o;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Togbɔ be wòle alea hã la, amegã geɖewo gɔ̃ hã xɔ Yesu dzi se. Ke wonɔ vɔvɔ̃m be Farisitɔwo ava nya yewo le ƒuƒoƒe la me, eya ta womegblɔe fia o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Togbɔ be Yudatɔwo ƒe dumegã geɖewo xɔe se be Yesue nye Mesia la hã la, wonɔ vɔvɔ̃m na Farisitɔwo elabena ne wogblɔ le dutoƒo be Yesue nye Mesia la la, woaɖe wo le hame. Esia tae wogbe be yewomaʋu Yesu me o,