John 12:9 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yudatɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie be yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si Yesu fɔ tso ame kukuwo dome la hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete la Yudatɔwo ƒe ameha geɖeawo se eŋkɔ bena, ele afima, eye wova, menye ɖe Yesu ɖeɖeko ta o; ke boŋ, bena woakpɔ Lazaro hã, amesi wòfa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yudatɔ geɖe se be Yesu le afi ma, ale wotii vɛ. Menye Yesu ɖeɖe ko tae wova ɖo o, ke boŋ be yewoakpɔ Lazaro, ame si wòfɔ tso ku me la hã.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yerusalemtɔwo se be Yesu va ɖo wo dome la, woʋli vevie bena yewoakpɔe, eye yewoakpɔ Lazaro, ame si gagbɔ agbe tso ku me hã.