John 13:18 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya ame siwo metia la. Mawunya gblɔ be, ‘Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.’
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Menye mi katã ŋuti mele egblɔm ɖo o; menya amesiwo metia, gake bena woawu ŋɔŋlɔ la nu bena: „Amesi le abolo ɖum kplim la, kɔ eƒe afɔkpodzi dzi ɖe ŋunye.“
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Menye mi katã ŋuti mele glɔm ɖo o; menya ame siwo metia. Ke ele be mawunya sia nava eme be: ‘Ame si le abolo ɖum kplim la, tso ɖe ŋunye.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Ele eme be menye mi katãe mele nya sia gblɔm na o, elabena menya mia dometɔ ɖe sia ɖe. Mawunya gblɔ be “Ame si le nu ɖum kplim lae adem asi.” Nya sia ava eme kpuie.