John 13:33 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Vinye lɔlɔ̃awo, ɣeyiɣi kpui aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ene la, miadim, gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã la, miate ŋu ava o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vinyewo, ɣeyiɣi via ɖe ko maganɔ anyi kpli mi. Miadim, eye abe alesi megblɔ na Yudatɔwo ene bena: Afisi nye la meyina la, miawo la miate ŋu ava o la, nenema kee mele egblɔm na miawo hã azɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Vinyewo, nyemaganɔ mia gbɔ eteƒe nadidi o. Miadim. Nya si megblɔ na Yudatɔwo va yi la, eya ke ko gblɔm mele na miawo hã fifia be: ‘Afi si meyina la, miate ŋu ava o.’
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Vinye lɔlɔ̃wo, ɣeyiɣi vi aɖe ko maganɔ mia gbɔ! Abe ale si megblɔ na Yudatɔwo ƒe amegãwo ene la, miadim gake miakpɔm o, eye afi si meyina hã miate ŋu ava o.”