John 14:10 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe miexɔe se be mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ Fofonye si le menye la ƒe nyawoe. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe mèxɔe se bena, mele Fofo la me, eye Fofo la hã le menye o mahã? Nya, siwo gblɔm mele na mi la, nyemegblɔ wo le ɖokuinye si o, ke Fofo, si nɔ menye la, le eƒe dowo wɔm.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ɖe mèxɔe se be mele Tɔ́ la me eye Tɔ́ la hã le menye oa? Nya siwo gblɔm mele na mi la, metso nye ŋutɔ gbɔnye o. Ke boŋ Tɔ́ la, ame si le menye lae le eƒe dɔ wɔm.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Đe miexɔe se be, mele Fofo la me eye Fofo la hã le menye oa? Nya siwo katã megblɔna la menye nye ŋutɔ nye nyawoe o, ke boŋ wonye Fofonye si le menye la ƒe nyawo. Fofo la wɔa eƒe dɔwo to dzinye.