John 14:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexea me mate ŋu axɔ nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ la o, elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae, elabena ele mia me, eye wòanɔ anyi kpli mi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Nyateƒegbɔgbɔ, si xexeame mate ŋu axɔ o, elabena mekpɔnɛ o, eye menyanɛ hã o; ke miawo la mienya eyama, elabena ele mia gbɔ, eye wòanɔ mia me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya nye Gbɔgbɔ si fiana be Mawu nye nyateƒetɔ. Xexea me mate ŋu axɔe o, elabe mate ŋu akpɔe hafi ava yi si dze gee o. Ke miawo ya, mienyae elabe ele mia gbɔ eye wòanɔ mia me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
ame si nye nyateƒe ƒe Gbɔgbɔ, be wòanɔ anyi kpli mi yi ɖe mavɔ me. Xexeame mate ŋu axɔ Nyaxɔɖeakɔla sia o elabena mekpɔnɛ alo dzea sii o. Ke miawo la, mienyae elabena ele mia me eye wòanɔ anyi kpli mi.