John 14:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mele ŋutifafa gblẽm ɖi na mi. Nye ŋutifafa metsɔ na mi. Menye xexea me tɔ ƒomevi o. Migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya o, eye migavɔ̃ o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ŋutifafa gblẽm mele ɖi na mi; nye ŋutifafa tsɔm mele na mi; menye alesi xexeame nana la, nye la mele mia nam o. Miaƒe dzi nagaʋuʋu nyanyanya o, eye dzika hã nagatso mia ƒo o!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ŋutifafa nenɔ mia dzi. Nye ŋutifafa mele mia nam. Nyemele mia nam abe ale si xexea me nanɛ la ene o. Migana dzika natso mia ƒo o, eye vɔvɔ̃ hã megaɖo mi o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
”Mele ŋutifafa gblem ɖi na mi. Nye ŋutɔ nye ŋutifafa tsɔm mele na mi. Menye xexeame tɔ ƒomevi o. Eya ta migana miaƒe dzi naʋuʋu nyanyanya kple vɔvɔ̃ o, eye dzika hã megatso mia ƒo o.