John 14:31 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
gake ele be xexea me nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. “Azɔ, miva mídzo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
gake bena xexeame nanyae bena, melɔ̃a Fofo la, eye alesi Fofo la de se nam la, nenema ke mewɔna. Mitsi tre, ne miadzo le afisia!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
elabe mewɔa Tɔ́ la ƒe gbe dzi pɛpɛpɛ bene xexea me nanyae be melɔ̃ Tɔ́ la. Mitso mídzo le afi sia.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
gake ele be xexeame nanyae be melɔ̃ Fofo la eye be mewɔa nu si tututu Fofo la ɖo nam be mawɔ. Azɔ la, mina míadzo.”