John 15:20 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be, ‘Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Miɖo ŋku nya, si megblɔ na mi la dzi bena: Dɔla mewua eƒe aƒetɔ o. Ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome, ne wòlé nye nya me ɖe asi la, wòalé miawo hã to me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be: ‘Ŋusẽ mele subɔla si wu eƒe aƒetɔ o.’ Ne woti yonyeme la, woati miawo hã mia yome tsã. Ne wolé nye nyawo me ɖe asi la, woalé miawo hã mia tɔ me ɖe asi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Miɖo ŋku nya si megblɔ na mi la dzi be,“Subɔla mewua eƒe Aƒetɔ o ne woti yonyeme la, woati miawo hã yome. Nenye ɖe woɖo tom la, woaɖo to miawo hã.