John 15:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Ɖe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o; wokpɔ nukunu geɖe siawo, gake wolé fu nye kple Fofonye.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ne ɖe nyemewɔ dɔ si ame aɖeke mewɔ kpɔ o la le wo dome o la, anye ne womewɔ nuvɔ̃ o. Ke azɔ la, wokpɔ nu siwo mewɔ gake wolé fu nye kple Tɔ́nye siaa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Đe nyemewɔ nukunu gã geɖe si ame aɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, anye ne womabu fɔ wo o. Gake wokpɔ nukunu geɖe siwo mewɔ, eye wometsɔ ɖeke le eme o, ke boŋ wogbe nu le nye kple Fofonye gbɔ.