John 16:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
“Togbɔ be meƒoa nu na mi to lododowo me hã, ɣeyiɣi aɖe gbɔna esi nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofonye la ŋu.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esiawo megblɔ na mi le lododowo me; gaƒoƒo gbɔna, le esi me nyemagaƒo nu na mi le lododowo me o, ke boŋ magblɔe afia mi faa le Fofo la ŋuti.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Megblɔ nya siawo na mi to lododo me. Ke ɣeyiɣi gbɔna, si me nyemagaƒo nu na mi le lododo me o, ke boŋ maɖe nya me na mi faa tso Tɔ́ la ŋu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Meƒo nu tso nu siawo ŋu na mi to lododowo me, ke ɣeyiɣi li gbɔna esi nyemagawɔ esia o, ke boŋ maƒo nu na mi faa tso Fofo la ŋu.