John 16:30 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ la, míenyae bena ènya nu sia nu, eye megahiã be ame aɖeke nabia nya wò o. Esia ta míexɔe se be, Mawu gbɔ nètso va.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ míenyae bena, ènya nuwo katã, eye mèhiã bena, amea ɖe nabia wò o, le esia la miexɔe se bena, èɖo go tso Mawu gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Míenya azɔ be ènya nu sia nu eye megahiã be ame aɖeke nabia nya aɖeke wò o. To esia me míexɔe se be Mawu gbɔe nètso.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ la mienyae bena ènya nu sia nu eye megahiã be ame aɖeke naɖe naneke gɔme na wò o. Miexɔe se tso azɔ dzi yina be Mawue dɔ wò ɖa.”