John 17:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye, eye nye hã mele mewò ene. Na woawo hã nanɔ mía me, be xexea me naxɔe ase be wòe dɔm.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
bena wo katã woazu ɖeka, sigbe alesi wò. Fofo, nèle menye, eye nye hã mete mewo ene, bena woawo hã woazu ɖeka le mía me, bena xexeame naxɔe ase be, wòe dɔm ɖa.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Meɖe kuku, wɔ wo woazu ɖeka. Tɔ́, nà be woawo hã nanɔ mía me, abe ale si nèle menye eye nye hã mele mewò la ene, ale be xexea me naxɔe se be wòe dɔm ɖa.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
be wo katã woanɔ ɖeka abe ale si wò, Fofo la, nèle menye eye nye hã mele mewò ene. Woawo hã nenɔ mía me be xexeame naxɔe ase be wòe dɔm ɖa.