John 17:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
“Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siwo nènam le xexea me la. Tɔwòwoe wonye; ètsɔ wo nam, eye wowɔ ɖe wò nyawo dzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Meɖe wò ŋkɔ la ɖe go fia amesiwo nèɖe tso xexeame nam. Towo wonye, eye netsɔ wo nam, eye wole wò nya la me ɖe asi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
“Meɖe wò fia ame siwo nètia ɖa tso xexea me, eye nètsɔ wo nam la kɔtɛe. Tɔwòwoe wonye ya, ke ètsɔ wo nam. Wolé wò nya la me ɖe asi pɛpɛpɛ.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Megblɔ ame si ƒomevi nènye la na ame siawo. Tsã la, wonɔ agbe abe xexe sia me tɔwo ene, ke azɔ la, ètsɔ wo nam. Le nyateƒe me la, tɔwòwoe wonye, eye esi nètsɔ wo nam va se ɖe fifia la, wolé wò nya la me ɖe asi.