John 18:14 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Kayafae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo be anyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Kayafa ye nye amesi ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo bena, enyo bena, ame ɖeka naku ɖe dukɔ la ta.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Kayafae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo, be enyo wu sãa be ame ɖeka naku ɖe dukɔa nu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
eyae nye ame si ɖo aɖaŋu na Yudatɔwo bena,“Enyo be ame ɖeka naku ɖe dukɔa ta tsɔ wu be dukɔ bliboa natsrɔ̃.”