John 18:2 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia, elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Yuda hã, amesi fia eyome mo la, nya teƒe la; elabena enuenu la Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒoa ƒu ɖe afima.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ Yuda, ame si fia eyomemɔ hã nya teƒea elabe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒoa ƒu ɖe afi ma enuenu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yuda, ame si de Yesu asi la hã nya teƒe sia elabena Yesu kplɔa eƒe nusrɔ̃lawo yina afi ma edziedzi.