John 18:25 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum la, ame bubu gabiae be, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro gasẽ nu gblɔ be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Simon Petro le tsitre le dzo ƒum. Eye wogblɔ nɛ bena: Alo wò hã eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye mahã? Eyama sẽ nu gblɔ bena: Menye nyee o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, Simon Petro gale tsitre le dzoa ƒum ko. Wobiae be: “Wò hã ɖe, menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka nènye oa?” Ke esẽ nu gblɔ be: “Gbeɖe, nyemenye eƒe nusrɔ̃la o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le ɣeyiɣi siawo katã me la, Simɔn Petro ganɔ dzoa ƒum eye ame bubu gabiae bena, “Menye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖekae nènye oa?” Petro ɖo eŋu be, “Gbeɖe, menye eƒe nusrɔ̃lae menye o.”