John 18:37 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Pilato gabiae be, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ègblɔ nyateƒe be fiae menye. Le nyateƒe me la, susu sia ta wodzim ɖo, eye esia tae meva xexea me ɖo, be maɖi ɖase tso nyateƒe la ŋu. Ame sia ame si xɔ nyateƒe la dzi se la ɖoa tom.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Pilato gblɔ nɛ bena: Ekema fia nènye ni? Yesu ɖo ŋu bena: Wòe le egblɔm bena, fia menye. Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la. Amesiame, si tso nyateƒe me la, ɖoa to nye gbe.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Pilato biae be: “Ekema fiae nènyea?” Yesu ɖo eŋu be: “Wòe gblɔe be fiae menye. Nye la, esia tae medzɔ ɖo, eye eya tae meva xexea me ɖo be magblɔ nyateƒe la afia. Ame sia ame si ɖoa tom la tso nyateƒea me.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Pilato gabiae bena, “Ekema fiae nenye nyateƒea?” Yesu ɖo eŋu be, “Ele me nenema, eye fiaɖuɖu tae wodzim ɖo. Eye esi meva xexe sia me la, ɖe meva bena magblɔ nyateƒe la afia ame sia ame. Ame siwo katã xɔ nyateƒe la dzi se lae nye nye nusrɔ̃lawo.”