John 19:20 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o, ale Yudatɔ geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ la. Woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Romagbe kple Helagbe me be ame sia ame nate ŋu axlẽe.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ Yudatɔwo dome ame geɖewo xlẽ nuŋɔŋlɔ sia, elabena teƒe, si woklã Yesu ɖo la, te ɖe du la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Hebri- kple Hela-kple Roma-gbe me.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yudatɔ geɖewo xlẽ nutsonya sia elabe afi si woklã Yesu ɖo la te ɖe dua ŋu. Gawu la, woŋlɔ nua ɖe Hebri-gbe, Roma-gbe kple Hela-gbe me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Afi si woklã Yesu ɖo la medidi tso Yerusalem dua gbɔ o eye woŋlɔ nya siawo ɖe Hebrigbe, Latingbe kple Helagbe me bena ame sia ame nate ŋu axlẽe.