John 19:21 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato be, “Mègaŋlɔe be, ‘Yudatɔwo ƒe fia’ o, ke boŋ ŋlɔe be ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe fia.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo va gblɔ na Pilato bena: Megaŋlɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia la o; ke boŋ bena eyama gblɔ bena: Yudatɔwo ƒe fia menye.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yudatɔwo ƒe nunɔlagãwo gblɔ na Pilato be: “Mègaŋlɔ nua be, ‘Yudatɔwo ƒe Fia la’ o, ke boŋ ŋlɔe be, ‘Ame sia gblɔ be, Nyee nye Yudatɔwo ƒe Fia la.’ ”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Osɔfogãwo va gblɔ na Pilato be, mele be woaŋlɔ ɖe atitsoga la ƒe tame be “Yudatɔwo ƒe Fia” o, ke boŋ neŋlɔe be, “Ame sia be yee nye Yudatɔwo ƒe Fia.”