John 19:29 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe kakle tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye nane le afima, si me aha tsitsi le fũ, tete wotsɔ ƒumekutsa, si me wode aha tsitsii fũ la, lɔ ɖe ayeti nu heɖo nu nɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tsikunu aɖe le afi ma si me wokɔ wain veve ɖo wòyɔ. Ale wotsɔ tsilɔnu si wode wain vevea me la tɔ ɖe hisɔp nu ɖo nu na Yesu.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Wain tsitsi kplu ɖeka aɖe nɔ afi ma. Wotsɔe kɔ ɖe akutsa tɔxɛ aɖe me eye wotsɔe tɔ ɖe ati nu hetsɔ ɖo nu nɛ be wòano.