John 19:4 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Pilato gado go va xexe, eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minya esia be nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Pilato gado go, eye wògblɔ na wo bena: Mikpɔ ɖa, mekplɔe do go vɛ na mi, ne miadze sii bena, nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Pilato gado go yi xexe ake eye wògblɔ na wo be: “Mikpɔ ɖa, makplɔe vɛ na mi bene miadze sii be nyemekpɔ be ewɔ nuvɔ̃ɖi aɖeke o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Pilato gado go va xexe eye wògblɔ na Yudatɔwo be, “Mele ekplɔ ge ado goe na mi, gake minyae bena nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋu o.”