John 19:6 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi nunɔlagãwo kple woƒe asrafowo kpɔ Yesu la, wodo ɣli sesĩe be, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be, “Miawo ŋutɔ miyi ɖaklãe ɖe ati ŋu. Nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi nunɔlagãwo kple dɔlawo kpɔe la, wodo ɣli bena: Klãe ɖe ati ŋuti, klãe ɖe ati ŋuti! Pilato gblɔ na wo bena: Ekema mia ŋutɔwo mikplae yii, eye miklãe ɖe ati ŋuti, elabena nye la nyemekpɔ nya vɔ̃a ɖeke le eŋuti o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi nunɔlagãwo kple dzɔlawo kpɔe la, wodo ɣli be: “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato gblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔ mikplɔe yii miaɖaklã ɖe ati ŋuti. Nye la, nyemekpɔ be ewɔ nuvɔ̃ɖi aɖeke o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yudatɔwo kple woƒe Osɔfogãwo kpɔ Yesu ko la, woƒe dzi fla eye wodo ɣli sesĩe bena, “Klãe ɖe ati ŋuti! Klãe ɖe ati ŋuti!” Pilato ɖo eŋu na wo bena, “Miawo ŋutɔ miyi miaklãe ɖe atia ŋu, nye la, nyemekpɔ fɔɖiɖi aɖeke le eŋuti o.”