John 2:10 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
eye wògblɔ nɛ be, “Zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo naa wain nyuitɔ woƒe ame kpekpewo gbã, eye ne ame sia ame noe wòsui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo, eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
eye wògblɔ nɛ bena: Amesiame tsoa wein nyuitɔ ɖoa anyi gbã, eye ne wonoe mu la, ekema hafi wotsɔa manyomanyotɔ la vanɛ; wò la èdzra wein nyui la ɖo vaseɖe fifi.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
eye wògblɔ nɛ be: “Ame sia ame kua wain nyuitɔ na amewo gbã, eye ne amewo no eya mu vɔ, emegbe hafi wòhea esi menyo o la ɖe go. Ale ke wɔ wò ya nèdzra wain nyuitɔ ɖo va se ɖe fifi?”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
“Wò la èto vovo kura tso ame bubuwo gbɔ elabena zi geɖe la, srɔ̃ɖelawo na wain nyuitɔ woƒe amekpekpewo gbã eye ne ame sia ame noe wosui vɔ la, ekema wotsɔa manyomanyotɔ vanɛ. Ke wò la, èdzra nyuitɔ ɖo eye nètsɔe vɛ le nuwuwua.”