John 2:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Ale Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam, eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me. Enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye wòtsɔ kawo tro atam, eye wonyã wo katã do go le mawuƒe la me kpe ɖe alẽwo kple nyiwo ŋu, eye wòtrɔ gaɖuɖɔlawo ƒe ga kɔ ɖe anyi, eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi;
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògbi ka wɔ ameƒokae, eye wònyà ame siwo katã si alẽ kple nyiwo le la do go tso mawuxɔa me. Ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo hlẽ, eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Enumake Yesu tsɔ ka aɖewo tro atam eye wònya wo katã do goe le gbedoxɔ la me, enya alẽawo kple nyiawo hã do goe, ekaka gaɖɔlilawo ƒe gawo ɖe anyigba eye wòmu woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi.