John 2:22 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi Yesu tsi tsitre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu, eye wo katã va eme vavã.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòtsi tre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi bena, egblɔ esia ɖi, eye woxɔ ŋɔŋlɔ la kple nya, si Yesu gblɔ la, dzi se.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Eya ta esi wofɔe ɖe tsitre tso ku me la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia. Ale woxɔ mawunya la kple Yesu ƒe nya si wògblɔ la dzi se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi Yesu tsi tre tso ame kukuwo dome la, nusrɔ̃lawo ɖo ŋku edzi be egblɔ nya sia ɖi. Eye wokpɔe dze sii be, nya siwo katã Yesu gblɔ tso mawunya me la ƒo nu tso eya ŋutɔ ŋu eye wo katã hã va eme vavã.