John 2:23 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Dzesi siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na be ame geɖe xɔ eƒe ŋkɔ dzi se.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye esi wòle Yerusalem le ŋutitotoŋkekenyuie la ɖuƒe la, ame geɖewo xɔ eƒe ŋkɔ dzi se, esi wokpɔ eƒe dzesi, siwo wòwɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esime Yesu nɔ Yerusalem le Paskaa ɖuɣi la, ame geɖe siwo kpɔ dzesi siwo wòwɔ la xɔ edzi se.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Nukunu geɖe siwo Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekea dzi le Yerusalem la na bena ame geɖe xɔe se be eyae nye Mesia la vavã.