John 2:6 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo dometɔ ɖe sia ɖe me.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Woɖi kpezɔ ade ɖe afima le Yudatɔwo ƒe ŋutikɔklɔ ƒe kɔa nu; ɖesiaɖe xɔa tɔmedeze eve alo etɔ̃.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Esi wònye dekɔnu na Yudatɔwo be woaklɔ wo ɖokui ŋu hafi age ɖe aƒeme ta la, woɖi kpezɔ ade ɖe aƒea me. Tsi tɔmedeze eve alo etɔ̃e nɔa zɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe me.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ tsizɔ ade nɔ teƒea. Esiawo Yudatɔwo zãna hena woƒe ŋutikɔklɔkɔnuwo wɔwɔ. Tsi lita blaadre-vɔ-atɔ̃ alo alafa ɖeka wuiatɔ̃ tea ŋu nɔa wo me.