John 20:13 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Wobiae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo be, “Wokɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wokɔe da ɖo o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Eye ame mawo gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Egblɔ na wo bena: Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la yii, eye nyemenya afisi woɖae ɖo o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Wobiae be: “Aƒenɔ, nu ka ta nèle avi fam?” Eɖo eŋu be: “Wotsɔ nye Aƒetɔ la dzoe eye nyemenya afi si wokɔe yi ɖada ɖo o!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mawudɔlawo biae bena, “Nu ka tae nèle avi fam ɖo?” Eɖo eŋu na wo bena, “Elabena wotsɔ nye Aƒetɔ la dzoe, eye nyemenya afi si wotsɔe da ɖo o.”