John 20:15 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu biae be, “Nyɔnu, nu ka ta nèle avi fam ɖo? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va kɔe le afi sia la, gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam be mayi aɖakɔe.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ nɛ bena: Nyɔnu, nukaŋuti nèle avi fam? Ameka dim nèle? Ke eya bu xa bena, abɔdzikpɔlae, egblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, nenye wòe tsɔe yii la, gblɔ afisi nètsɔe yi ɖamlɔ la nam, eye nye la mayi aɖatsɔe vɛ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu biae be: “Aƒenɔ, nu ka ta nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Eya bu be abɔa dzikpɔla lae eya ta egblɔ na Yesu be: “Amegã, nenye wòe kɔe dzoe la, ekema gblɔ afi si nèkɔe da ɖo la nam, ale be mayi aɖakɔe adzoe.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Ame la biae be, “Nu ka ta nèle avi fam? Ame ka dim nèle?” Maria bu be eyae nye abɔdzikpɔla, eya ta wòɖo eŋu nɛ be, “Aƒetɔ, nenye wòe va tsɔe le afi sia la, gblɔ afi si nètsɔe da ɖo la nam bena mayi aɖakɔe.”