John 20:17 — Compare Translations

4 translations compared side by side

Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ nɛ be, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Yi nɔvinyewo gbɔ ne nàgblɔ na wo be meyina ɖe Fofonye kple miawo hã Fofo, nye Mawu kple miawo hã ƒe Mawu gbɔ.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Yesu gblɔ nɛ bena: Megaka asi ŋunye o; elabena nyemekpɔ yi dziƒo, Fofo la gbɔ, haɖe o, ke yi nɔvinveŋutsuwo gbɔ, eye nagblɔ na wo bena: Meyina dziƒo ɖe Fofonye kple miawo hã mia Fofo, nye Mawu kple miawo hã mia Mawu la gbɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gblɔ nɛ be: “Mègaka asi ŋunye o, elabe nyemekpɔ yi dziƒo le Tɔ́ la gbɔ haɖe o. Ke yi ɖe nɔvinyeawo gbɔ nàgblɔ na wo be meyina dziƒo ɖe Tɔ́nye kple mia Tɔ́, nye Mawu kple miaƒe Mawu la gbɔ.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ nɛ bena, “Mègaka asi ŋunye o, elabena nyemetrɔ yi Fofo la gbɔ haɖe o. Gake yi nãdi nɔvinyewo ne nãgblɔ na wo bena meyina ɖe Fofonye, ame si nye miawo hã Fofo la kple nye Mawu ame si nye miawo hã ƒe Mawu la gbɔ.”