John 20:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ me la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo. Yesu va do ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be, “Ŋutifafa na mi.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Azɔ esi kwasiɖa ƒe ŋkeke gbãtɔ ma ƒe fiẽsi ɖo, eye afisi nusiawo le la ƒe ʋɔtru le tutu le vɔvɔ̃ na Yudatɔwo ta la, Yesu va tsi tre ɖe wo titina, eye wògblɔ na wo bena: Ŋutifafa na mi!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Le Kwasiɖagbe ma ƒe fiẽ la, nusrɔ̃laawo ƒo ƒu ɖe xɔ me. Wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo eya ta wodo ʋɔawo. Tete Yesu va tsi tsitre ɖe wo dome, eye wògblɔ na wo be: “Ŋutifafa na mi!”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Le Kɔsiɖa ma ƒe fiẽ la, nusrɔ̃lawo ɣla wo ɖokuiwo ɖe xɔ me nɔ takpekpe wɔm. Wotu ʋɔtru kple fesrewo katã sesĩe elabena wonɔ vɔvɔ̃m na Yudatɔwo ƒe amegãwo. Wole afi sia kasia Yesu va do ɖe wo dome kpoyi eye wòdo gbe na wo be," “Ŋutifafa na mi”.