John 20:24 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Toma, nusrɔ̃la wuieveawo dometɔ ɖeka (si wogayɔna be Didymus) la menɔ nusrɔ̃lawo dome hafi Yesu va o.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke Toma, ame wuieveawo dometɔ ɖeka, si woyɔna be Venɔvi la, mele wo dome, esime Yesu va o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Azɔ la, esime Yesu va la, Toma, ame wui eveawo dometɔ ɖeka si wogayɔna hã be Evenɔvi la, menɔ wo tɔwo dome o.
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, si nye evenɔvi, eye woyɔnɛ be Toma ya menɔ nusrɔ̃lawo dome ɣemaɣi o.