John 20:25 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Esi wòva la, nusrɔ̃la mamlɛawo gblɔ nɛ be, “Míekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma gblɔ na wo be, “Va se ɖe esime metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe abi si le axadame nɛ me la, nyemaxɔe se o.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Tete nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ bena: Miekpɔ Aƒetɔ la. Ke egblɔ na wo bena: Ne nyemekpɔ gatagbadzɛawo teƒe le eƒe asi me, eye metso nye asibide ƒo ɖe gatagbadzɛawo teƒe, eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axada me o la, nyemele exɔ ge ase o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Ale nusrɔ̃la bubuawo gblɔ nɛ be: “Míekpɔ Aƒetɔ la!” Ke Toma gblɔ na wo be: “Ne nyemekpɔ gatagbadzɛbiawo teƒe le eƒe asiwo me, eye metsɔ nye asibidɛ ƒo ɖe gatagbadzɛbiawo teƒe eye metsɔ nye asi ƒo ɖe eƒe axadame o la, nyemaxɔe ase akpɔ o.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Esi wòva la nusrɔ̃lawo gblɔ nɛ bena, “Miekpɔ Aƒetɔ la.” Ke Toma ɖo eŋu na wo bena, “Nyemaxɔe ase o, va se ɖe esime nye ŋutɔ matsɔ nye asibidɛ aƒo ɖe eƒe gatagbadzɛbiawo me eye matsɔ nye asi aƒo ɖe abi si le axadame nɛ la me hafi.”