John 20:27 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Emegbe la, egblɔ na Toma be, “Tsɔ wò asibidɛ ƒo ɖe afi sia; kpɔ nye asiwo ɖa. Tsɔ wò asi de nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, eye nàxɔe se.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Esia megbe la egblɔ na Toma bena: Do wò asibide ɖe afii, eye nakpɔ nye asiwo ɖa, eye do wò asi ɖa, eye naƒo ɖe nye axada me, eye megazu maxɔsetɔ o, ke boŋ xɔsetɔ.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Tete wògblɔ na Toma be: “Tsɔ asibidɛ de afii, eye nàkpɔ nye asiwo ɖa. Do asi ɖa eye nàƒoe ɖe nye axadame. Dzudzɔ ɖikeke, ne nàxɔ se.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Azɔ egblɔ na Toma bena, “Zɔ va nãtsɔ wò asibidɛ aƒo ɖe nye asiƒome, eye nãtsɔ wò asi aƒo ɖe nye axadame kpɔ. Tso azɔ la, mèganye dzimaxɔsetɔ o, xɔse vavã nenɔ asiwò!”