John 21:17 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gabiae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes ƒe vi, èlɔ̃m mahã?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro, elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èlɔ̃m mahã?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, ènya nu sia nu, eye ènya be melɔ̃ ye.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Simon, Yona vi, mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eve Petro, elabena egblɔ nɛ zi etɔ̃lia bena: Mèlɔ̃a nu gbɔnye oa? Eye wògblɔ nɛ bena: Aƒetɔ, wòe nya nuwo katã, wòe dze sii bena, nyemena nu gbɔwò o. Yesu gblɔ nɛ bena: Nyi nye alẽawo.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Yesu gabiae zi etɔ̃lia be: “Simon, Yona vi, èlɔ̃ma?” Biabia sia ve Petro, elabe zigbɔzi etɔ̃ sɔŋ nye esi Yesu biae be: “Èlɔ̃ma?” Ale Petro ɖo eŋu nɛ be: “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu ɖe. Ènya be melɔ̃ wò ɖe.” Yesu gblɔ nɛ be: “Nyi nye alẽawo!
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Simɔn, Yohanes vi, èle lɔ̃yema?” Biabia etɔ̃lia sia ve Petro elabena Yesu biae zi etɔ̃lia be, “Èle lɔ̃yema?” Ke Petro ɖo eŋu be, “Aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya nu sia nu eye ènyae be melɔ̃ wò.” Yesu gblɔ nɛ be, “Nyi nye alẽawo.