John 21:18 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be, esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃ la, gake ne èku amegã la, àkɔ wò abɔwo dzi, eye ame bubu nado awu na wò, eye wòakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o la.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Vavã, vavã mele egblɔm na wò bena: Esime nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ esaa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò, eye nèyia afisi ke nèlɔ̃na; ke ne èku amegã la, amlo wò abɔwo me, eye ame bubu asa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakplɔ wò ayi afisi melɔ̃na o.
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Nyateƒe tom mele na wò be, esi nènye ɖekakpui la, ète ŋu saa avɔ ɖe ali na ɖokuiwò hezɔna yia afi sia afi si nèdi la. Ke ne èva tsi ku amegã la, ɖe nèle wò abɔwo me keke ge ale be ame bubu nasa avɔ ɖe ali na wò, eye wòakɔ wò ayi afi si mèdi o la.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Mele egblɔm na wò le nyateƒe me be esi nènye ɖekakpui la, wò ŋutɔ èdoa awu hedoa go yia afi si nèlɔ̃, gake ne èku amegã la, ãkɔ wò abɔwo dzi, ame bubu ado awu na wò eye woakplɔ wò ayi afi si mèdi be yeayi o.”