John 21:19 — Compare Translations
4 translations compared side by side
Ewe (Agbenya La) 2020
Yesu gblɔ nya sia nɛ be wòatsɔ afia ku si ƒomevi ku ge wòala atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia. Emegbe la, Yesu gblɔ nɛ be, “Dze yonyeme.”
Ewe 1913 (Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913)
Ke egblɔ esia, bena wòatsɔ afia ku, si ƒomevi ku ge wòala akafu Mawui. Esi wògblɔ esia la, egblɔ nɛ bena: Dze yonyeme!
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Egblɔ esia be yeatsɔ aɖe ku si ƒomevi Petro le kuku ge, atsɔ aɖe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe afia lae. Esia megbe la, Yesu gblɔ nɛ be: “Dze yonyeme.”
Ewe BEV (Agbenya La) 2006
Yesu gblɔ nya sia nɛ bena wòatsɔ afia ku si ku ge wòala atsɔ kafu Mawu. Esi Yesu wu nya la nu la, egblɔ nɛ bena, “Dze yonyeme.”